Yesu gbugbɔ Petro ɖo te
15 Esi woɖu nua vɔ la, Yesu bia Simɔn Petro be, "Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m wu ame siawoa?"
Petro ɖo eŋu nɛ be, "Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye."
Yesu gblɔ nɛ be, "Ekema nyi nye alẽawo."
19 Yesu gblɔ nya sia nɛ be wòatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge wòala atsɔ aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia. Emegbe la, Yesu gblɔ nɛ be, "Dze yonyeme."