3 Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o."
4 Nikodemo gblɔ be, "Aleke wɔ ametsitsi nagatrɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagbugbɔe adzii?"
5 Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Nyateƒe gblɔm mele na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.