Pular para o conteúdo
Publicidade

Hiob 22

Elifaz ƒe nuƒo

1 Temanitɔ, Elifaz ɖo eŋu be,

2 "Ɖe ame anye viɖenu na Mawua?

Ɖe nunyala ̃ anye viɖenu nɛa?

3 Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe?

Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele mɔwo ŋu o?

4 "Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na

hetsɔ nya ɖe ŋuwòa?

5 Ɖe nu ̃ɖi wɔwɔ mekpe ŋutɔ oa?

Ɖe nuwuwu li na nu ̃woa?

6 Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔe

eye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama.

7 Mèna tsi ame siwo nu ti na la wono o

eye nète nuɖuɖu dɔwuitɔwo,

8 evɔ nèhenye ŋusẽtɔ,

anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi,

bubu le ŋuwò.

9 Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlu

eye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa.

10 Eya ta mɔkawo ɖe to ɖe ɖo

eya ta dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe dziwò kpoyi hedo ŋɔdzi na

11 eya ta viviti do ale gbegbe be màgate ŋu akpɔ nu o

eye eya tae tɔɖɔɖɔ va tsyɔ dziwò ɖo.

12 "Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa?

13 Gake ègblɔ be, Nu ka Mawu nya?

Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea?

14 Lilikpo dodowo xe eŋkume

eya ta mekpɔa ne ele tsatsam

le dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.

15 Ɖe nàgalé xoxo si dzi

ame ̃ɖiwo va yi la me ɖe asia?

16 Wokplɔ wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de

eye tsiɖɔɖɔ kplɔ woƒe gɔmeɖokpewo dzoe.

17 Wogblɔ na Mawu be, Ɖe asi le mía ŋu!

Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ ?

18 Evɔ wònye eyae tsɔ nu nyuiwo na wo fũu,

eya ta menɔ adzɔge na ame ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.

19 Ame dzɔdzɔewo kpɔ woƒe gbegblẽ eye dzi dzɔ wo,

ame maɖifɔwo gblɔ ɖe wo ŋu fewuɖutɔe be,

20 Wotsrɔ̃ míaƒe futɔwo vavã

eye dzo va fia woƒe kesinɔnuwo.

21 "Tsɔ ɖokuiwò na Mawu

eye nànɔ ŋutifafa me kplii,

to esia me la, dzɔgbenyui ava dzi.

22 nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ

eƒe nyawo adzra ɖo ɖe dzi me

23 Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ la, agaɖo te.

Ne èɖe nu ̃ɖi wɔwɔ ɖa xaa tso agbadɔ gbɔ,

24 eye nètsɔ dzonu veviwo ɖe ke me,

tsɔ sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la,

25 ekema Ŋusẽkatãtɔ la anye sika

kple klosalo nyuitɔ.

26 Ekema le nyateƒe me la,

Ŋusẽkatãtɔ ƒe nu ado dzidzɔ na

eye àwu mo dzi ɖe Mawu ŋu.

27 Àdo gbe ɖa , wòaɖo to

eye àxe adzɔgbeɖefewo .

28 Nu si nèɖo la, ava eme na

eye kekeli aklẽ ɖe mɔwo dzi.

29 Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi,

eye nègblɔ be, wo ɖe dzi!

la, ekema woafɔ ame siwo wote

ɖe anyi la ɖe dzi.

30 Aɖe ame si ŋu fɔɖiɖi le ̃ ,

ame si woaɖe to asi ƒe kɔkɔenɔnɔ me."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também