Publicidade

Jó 24

1 "Nu ka ŋuti Ŋusẽkatãtɔ la

meɖo ɣeyiɣiwo ɖi hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o?

Nu ka ta ame siwo nyae la nanɔ mɔ kpɔm

na ŋkeke siawo dzodzro?

2 Amewo ɖea liƒokpewo ɖa,

wokplɔa lãha siwo wofi la yia gbeɖuƒee.

3 Wokplɔa tsyɔ̃eviwo ƒe tedziwo dzonae

eye woxɔa ahosi ƒe nyi abe awɔbanu ene.

4 Wotutua asi hiãtɔwo ɖa le mɔƒome

eye wozia ame dahe siwo katã

le anyigba dzi la dzi be woasi abe.

5 Ame dahewo ɖoa gbe nɔa nuɖuɖu dim

abe gbetedziwo le gbegbe ene

eye kuɖiɖinyigbawo dia nuɖuɖu na wo viwo.

6 Woŋe gbe le agblewo dzi na lãwo

eye wofɔa nuku siwo ge la le

ame vɔ̃ɖiwo ƒe waingblewo me.

7 Esi avɔ mele wo si o ta la womlɔ anyi ƒuƒlu le zã me

eye naneke meli woatsyɔ le vuvɔ me o.

8 Tsi ƒoa wo tea wo ŋu nyuie le towo dzi,

wokuna ɖe agakpewo ŋu elabena bebeƒe meli o.

9 Woɖea tsyɔ̃evi le no nu

eye woxɔa ame dahe ƒe vi ɖe fe si wònyi la nu.

10 Esi wònye avɔ mele wo si o ta la,

wole yiyim amama,

wolé lu bablawo ɖe ta,

evɔ dɔ le wo wum.

11 Wole amiti ƒe ku tum le te dzi,

wofiaa wain le wainfiaƒewo gake tsikɔ le wo wum.

12 Ame siwo le kudɔ ƒom ƒe ŋeŋe de dzi le dua me kɔtɔɔ

eye ame siwo xɔ abi la ƒe luʋɔwo le ɣli

dom be woaxɔ na yewo,

gake Mawu mebu fɔ ame aɖeke be edze agɔ o.

13 "Ame aɖewo li siwo tsi tsitre ɖe kekeli la ŋu,

ame siwo menya eƒe mɔwo alo zɔ eƒe toƒewo o.

14 Ne viviti do la, hlɔ̃dola la tsona hewua ame dahewo kple hiãtɔwo,

le zã me la, enɔa zɔzɔm abe fiafitɔ ene

15 Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam,

egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’

eye wòɣlaa eƒe mo.

16 Le viviti me la, amewo gbãa ʋɔ,

gena ɖe aƒewo me

gake ne ŋu ke la, wonɔa xɔ me tua ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu

elabena womedi kekeli ƒe nya aɖeke o.

17 Ke wo katã la, viviti tsiɖitsiɖie le na wo abe ŋdikekeli ene

eye wodzea xɔ̃ viviti ƒe ŋɔdzinuwo.

18 "Evɔ la, futukpɔ ko wonye le tsi ŋgɔ,

woƒoa fi dea anyigba ƒe akpa si nye woƒe gome

ale be ame aɖeke mayi ɖe waingblewo me le afi ma o.

19 Abe ale si dzoxɔxɔ kple kuɖiɖi kplɔa tsikpe

si lolõ la dzonae ene la,

nenemae yɔdo kplɔa ame siwo wɔa

nu vɔ̃ la hã dzonae.

20 Vidzidɔ ŋlɔa wo be, wozua nuɖuɖu na ŋɔviwo,

womegaɖoa ŋku ame vɔ̃ɖiwo dzi o,

ke boŋ woŋena abe atilɔ ene.

21 Wohaa konɔwo kple vimanɔsitɔwo

eye womekpɔa nublanui na ahosiwo o.

22 Gake Mawu kplɔa kalẽtɔwo dzonae kple eƒe ŋusẽ.

Togbɔ be woli ke hã la,

kakaɖedzi mele wo si be woanɔ agbe o.

23 Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie

gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.

24 Wodoa wo ɖe dzi ɣeyiɣi kpui aɖe,

tete wo nu va yina,

woɖiɖia wo ɖe anyi eye wokuna

abe bubuawo katã ko ene ale woŋea wo

abe ale si woŋea bli le bliti ŋu ene.

25 "Ne mele alea o la,

ame kae aɖe aʋatso nam

eye wòana nye nyawo nazu tofloko?"

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-18_14-04-22-