Pular para o conteúdo
Publicidade

Hiob 17

1 Nu te nye gbɔgbɔ ŋu belibelibeli,

nye ŋkekewo le kpuie

eye yɔdo le lalayem.

2 Vavãe, fewuɖulawo ƒo xlãm,

ele be nye ŋkuwo nanɔ woƒe amenuɖiaɖia ŋu.

3 "O Mawu, tsɔ ŋugbedodo si dim nèle la nam.

Ame kae gali si ade megbe nam?

4 Ètu woƒe susu ɖe gɔmesese ŋu

eya ta màna woƒe alɔ nade dzi o.

5 Ne ame aɖe gbe exɔlɔ̃wo ɖe nu si woanae ta la,

viawo ƒe ŋkuwo atsi.

6 "Mawu tsɔm lodonue na ame sia ame,

ame si ƒe ŋkume amewo ɖea ta ɖo ̃ .

7 Nuxaxa na be nye ŋkuwo dzi tsyɔ

eye nye ameti blibo la mele abe vɔvɔli ene.

8 Ame dzɔdzɔewo ƒe mo yaa le esia ta;

me ve ame maɖifɔwo ɖe mawumavɔ̃lawo ŋuti.

9 Ke la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi

eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.

10 "Mi katã mitrɔ va ko, migadze agbagba kpɔ!

Gake nyemakpɔ nunyala aɖeke le mia dome o.

11 Nye ŋkekewo va yi, nye ɖoɖowo me gblẽ

eye nenema kee nye nye dzi ƒe didiwo .

12 Ame siawo trɔ wòzu ŋkeke,

ke esi viviti do ɖe wo la, wogblɔ be,

Kekeli tsɔ ɖe mía gbɔ

13 Ne aƒe si ko mele kpɔm na la nye yɔdo,

ne meɖo aba ɖe viviti me,

14 ne megblɔ na zãnuxɔxɔ be, Wòe nye fofonye,

eye megblɔ na ŋɔvi be, Wòe nye danye

alo Wòe nye nɔvinye nyɔnula,

15 ekema afi ka nye mɔkpɔkpɔ la le?

16 Ɖe wòayi ɖe ku ƒe agbowo mea?

Ɖe nye kplii míayi tome ɖekaea?"

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também