Pular para o conteúdo
Publicidade

Hiob 33

1 "Ke azɔ la, Hiob, ɖo to nye nyawo,

eye ƒu to anyi ɖe nu sia nu si magblɔ la ŋu.

2 Kpɔ ɖa, mele nye nu ke ge

eye nye nyawo le nye aɖe nu.

3 Nye nyawo tso dzi vavã me

eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me.

4 Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm,

Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe de agbe menye,

5 eya ta ɖo nya ŋu nam, ne àte ŋui,

dzra ɖokuiwò ɖo ne nàhe nya kplim.

6 Ɖeko mele abe ene le Mawu ŋkume,

nye anyi mee woɖem tsoe.

7 Vɔvɔ̃ nam megado dzikatsoƒo na

alo nye asi nakpe le dziwò o.

8 "Gake ègblɔ wòge ɖe nye to me

eye mese nya siwo tututu nègblɔ la be,

9 Medza eye nu ̃ mele ŋutinye o,

ŋutinye eye mevo tso vodada me.

10 Ke la, Mawu kpɔ vodada le ŋunye,

eye wòbum eƒe futɔe.

11 Etsɔ nye afɔ de kunyowu me

eye eƒe ŋkuwo le nye mɔwo katã ŋu kplikplikpli.

12 "Gake magblɔe na wo be,

le esia me ya, tɔwò medzɔ o,

elabena Mawu lolo wu amegbetɔ.

13 Nu ka ŋutie nèle nya hem kplii be,

meɖo amegbetɔ ƒe nya aɖeke ŋuti o?

14 Elabena Mawu ƒoa nu to sia alo ekemɛ dzi

togbɔ be amegbetɔ mekpɔe dze sii o .

15 Le drɔ̃e me, le me ƒe ŋutega me,

ne amewo alɔ̃ yi eme ʋĩi

alo wole akɔlɔ̃e dɔm le woƒe abawo dzi la,

16 ava ƒo nu ɖe to me na wo,

atsɔ kpɔdzidzewo ado ŋɔdzii na wo,

17 be wòana amegbetɔ natrɔ tso ̃wɔwɔ me

eye wòaɖee tso dada me,

18 ne wòadzra eƒe luʋɔ ɖo tso yɔdo ƒe asi me

eye eƒe agbe magatsrɔ̃ ɖe yi nu o.

19 "Alo eƒoa ame le dɔbadzi

kple ƒutomevevesese si nɔa edzi ɖaa,

20 ale be eya ameti bliboa nyɔa ŋu nuɖuɖu

eye eƒe luʋɔ doa vlo nuɖuɖu vivitɔ ̃ .

21 Eƒe ŋutilã le eme eye eƒe ƒu siwo ŋu

tehetehe la dze go azɔ.

22 Eƒe luʋɔ te ɖe yɔdo ŋu kpokploe,

eye eƒe agbe ɖo ku ƒe dɔlawo ƒe asi me.

23 Ke la, ne Mawudɔla le eƒe axadzi abe nyaxɔɖeakɔla ene,

ɖeka le akpe dome,

be wòagblɔ nu si nyo na ame la ,

24 heve enu, gblɔ be,

Ɖe eƒe agbe be magayi yɔdo me o

elabena mekpɔ avulénu la,

25 tete eƒe ŋutilã zua yeye abe ɖevi ene

eye wògaɖoa eƒe nɔnɔme me abe

eƒe ɖekakpuimeŋkekewo me ene.

26 Edoa gbe ɖa na Mawu

eye wòkpɔa amenuveve tso egbɔ,

ekpɔa Mawu ƒe ŋkume eye wòdoa dzidzɔɣli,

ale Mawu gaɖonɛ te,

be wòanɔ dzɔdzɔenyenye si me wònɔ tsã.

27 Tete wòvaa amewo gbɔ, gblɔna be,

Mewɔ nu ̃ hedo vlo nu si le dzɔdzɔe

gake nyemexɔ tohehe si medze na la o.

28 Eɖe nye agbe tso yɔdomeyiyi me,

eye manɔ agbe adzɔ dzi le eƒe kekeli me.

29 "Mawu wɔa nu siawo katã na ame,

zi eve alo etɔ̃ ̃ ,

30 be wòaɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe,

be agbe ƒe kekeli naklẽ ɖe edzi.

31 "Ƒu to anyi, Hiob, ne nàɖo tom,

zi ɖoɖoe, ne maƒo nu.

32 Ne nya aɖe le asiwò la, ɖo nya ŋu nam,

elabena medi be wòatso na .

33 Gake ne mele eme o la, ekema nàɖo tom,

zi ɖoɖoe ne mafia nunya ."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também