Publicidade

Jó 25

Bildad ƒe nuƒo

1 Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be,

2 "Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ,

eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo.

3 Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa?

Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o?

4 Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume?

Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?

5 Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o

eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la,

6 aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi

kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!"

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-18_14-04-22-