Publicidade

Jó 31

1 "Mebla nu kple nye ŋku be

megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o.

2 Elabena nu kae nye amegbetɔ tɔ gome tso

Mawu si le dziƒo la gbɔ

kple eƒe domenyinu tso

Ŋusẽkatãtɔ si le dziƒo ʋĩi la gbɔ?

3 Ɖe menye gbegblẽ wònye na ame vɔ̃ɖiwo

kple dzɔgbevɔ̃e na nu tovo wɔlawo oa?

4 Ɖe mekpɔ nye mɔwo

eye wòxlẽ nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe oa?

5 "Nenye be mezɔ le aʋatsokaka me

alo nye afɔ ɖe abla ɖe amebeble ŋuti la,

6 ekema Mawu nedam le nudanu nyuitɔ dzi

eye wòanya be nyemeɖi fɔ o.

7 Nenye be nye afɔ tra le mɔ la dzi,

nenye be nye dzi kplɔ nu si nye ŋkuwo kpɔ la ɖo

alo nye asiwo ƒo ɖi la,

8 ekema ame bubuwo neɖu nu siwo meƒã

eye woneho nye nukuwo le bo dzi.

9 "Ne nyɔnu aɖe flu nye dzi

alo mede xa ɖe nye aƒelika ƒe ʋɔtru nu la,

10 ekema srɔ̃nye netu bli na ŋutsu bubu

eye ŋutsu bubuwo nedɔ kplii.

11 Elabena esia anye ŋukpenanu

kple nu vɔ̃ si dze na ʋɔnudɔdrɔ̃.

12 Enye dzo si bina hena gbegblẽ,

eye wòaho nye nukuwo akɔ ɖi.

13 "Ne nyemetso afia nyui na nye dɔlaŋutsuwo

kple dɔlanyɔnuwo ne wotsɔ nya ɖe ŋunye o la,

14 nu ka mawɔ ne Mawu bia gbem?

Ŋuɖoɖo ka mana ne eyɔm be mana akɔnta?

15 Ɖe menye ame si wɔm ɖe vidzidɔ me lae wɔ woawo hã oa?

Ɖe menye eya koe wɔ mí ame evea katã

ɖe mía dadawo ƒe dɔ me oa?

16 "Nenye be mete hiãtɔwo woƒe didiwo

alo mena nu te ahosiwo ƒe ŋkuwo ŋu,

17 nenye be nye ɖeɖe meɖu nye abolo heku ŋɔ tsyɔ̃evi la,

eya ko woagblɔ nya aɖe,

18 evɔ la tso nye ɖekakpuime ke,

menyi tyɔẽviwo abe fofo ene

eye tso nye ɖevime ke,

mefia mɔ ahosiwo.

19 Ne mekpɔ ame aɖe wòle tsɔtsrɔ̃m le avɔmanɔamesi ta

alo hiãtɔ si mekpɔ awu ne wòado o

20 eye eƒe dzi meyram be metsɔ avɔ si wowɔ

kple nye alẽwo ƒe fu nɛ be wòade dzo lãme nɛ o,

21 ne mekɔ nye asi dzi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, evɔa menya be

woxɔa nye nya le ʋɔnu la,

22 ekema na be nye abɔ nage le abɔgba ŋu

eye wòaŋe le ekpeƒe.

23 Elabena gbegblẽ si tso Mawu gbɔ la le ŋɔ dzim nam,

eye vɔvɔ̃ na eƒe atsyɔ̃ mana mawɔ nu mawo o.

24 "Nenye ɖe meɖo dzi ɖe sika ŋu

alo megblɔ na sika nyuitɔ be,

‘Wòe nye nye sitsoƒe,’

25 nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye kesinɔnu gbogboawo ta,

nu siwo nye alɔ wɔ dɔ kpɔ,

26 nenye ɖe mede bubu ɣe ŋuti le ale si wòle keklẽm

alo ɣleti le ale si wòle yiyim kple atsyɔ̃,

27 ale be woflu nye dzi le adzame

eye metsɔ nye asi wɔ dzesi na wo be melɔ̃ wo,

de bubu wo ŋu la,

28 ekema esiawo hã anye nu vɔ̃

siwo wòle be woahe ayi ʋɔnu,

elabena adze ċa be

nyemeto nyateƒe na Mawu le dziƒo o.

29 "Nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le

nye futɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e me dzedze ŋu

alo dzɔ dzi le hiã siwo tui ta la,

eya ko magblɔ nya aɖe.

30 Gake nyemeɖe mɔ na nye nu be

wòawɔ nu vɔ̃ to ɖiŋudodo na eƒe agbe me o.

31 Nenye ɖe ame siwo le aƒenye me la se megblɔ kpɔ be,

‘Ame kae meɖu Hiob ƒe abolo ɖi ƒo kpɔ o?’ la,

anye ne enye nya bubu

32 elabena mele na amedzro aɖeke be

wòatsi mɔto adɔ o

elabena nye ʋɔtru le ʋuʋu ɖi

ɣe sia ɣi na mɔzɔlawo.

33 Nenye ɖe meɣla nye nu vɔ̃

abe ale si amewo wɔna ene,

be meɣla nye dzidada ɖe nye dzi me,

34 elabena mevɔ̃ na ameha la ŋutɔ

eye mevɔ̃ na dukɔ la ƒe vlododo ale gbegbe be,

mezi ɖoɖoe hegbe gododo ɖe gota la,

anye ne enye nya bubu kura.

35 "O, ɖe ame aɖe le asinye aɖo tom ɖe!

Kpɔ ɖa mede asi ɖokuinyetaʋlinyawo te,

azɔ la, Ŋusẽkatãtɔ la neɖo eŋu nam,

ame si le nunye tsom la hã neŋlɔ

nunyetsonyawo ɖe agbalẽ dzi.

36 Vavã malée ɖe nye abɔta

eye maɖɔe ɖe ta abe fiakuku ene.

37 Mana nutsotsoe tso nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti

eye mate ɖe eŋu abe fiavi ene.

38 "Nenye ɖe nye anyigba fa avi ɖe ŋutinye

eye eƒe boliƒowo yɔ kple aɖatsi,

39 nenye be meɖu eƒe kutsetsewo femaxee

alo mena dɔwɔla siwo le agblea dzi la

ƒe gbɔgbɔ gbã gudugudugudu la,

40 ekema aŋɔkawo nemie nam ɖe lu teƒe

eye gbe wuwluiwo nemie ɖe ƒo teƒe."

Esiae nye Hiob ƒe nyawo ƒe nuwuwu.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-19_11-20-24-