Pular para o conteúdo
Publicidade

Hiob 15

Elifaz ƒo nu

1 Temanitɔ, Elifaz ɖo Hiob ƒe nyawo ŋu be,

2 "Ɖe nunyala aɖo nya ŋu kple susu gbɔlo

alo ana ɣedzeƒeya xɔdzo nayɔ eƒe mea?

3 Ɖe wòatsɔ nya manyatalenuwo ahe nya

alo atsɔ nuƒoƒo si nye nya dzodzro ahe nyaea?

4 Kura ̃ la, èɖi gbɔ̃ mawuvɔvɔ̃

eye nèhe mawusubɔsubɔ adodoea ɖe megbe.

5 nu ̃e ƒoe

ɖe nuwò ale nètia ayetɔwo ƒe aɖe.

6 ŋutɔ nue bu , menye tɔnyee o,

eye ŋutɔ nuyiwoe ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò.

7 "Wòe nye ame gbãtɔ si wodzi kpɔa?

Ɖe wodzi hafi togbɛwo va dzɔa?

8 Èse Mawu ƒe aɖaŋudede kple toa?

Gbɔwò ko nunya tso aƒe ɖoa?

9 Nu ka nènya si míawo ya míenya o?

Nu ka gɔmee nèse esi gɔme míawo míese o?

10 Ta ƒowɔ tɔwo kple amegãɖeɖiwo le mía dzi,

ame siwo tsi wu fofowò ̃ .

11 Ɖe Mawu ƒe akɔfanamenya siwo wògblɔ bɔlɔɔ la,

mesɔ agbɔ na oa?

12 Nu ka ŋuti dzi kplɔ dzoe,

ŋkuwo le dzo dam,

13 ale be nènyɔ dziku ɖe Mawu ŋu

eye nètrɔ nya siawo ɖi tso nu me?

14 "Nu kae nye amegbetɔ be,

wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?

15 Ne Mawu meka ɖe eƒe kɔkɔetɔwo dzi o

eye dziƒowo ̃ medza le eƒe ŋkume o,

16 aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi,

esi dovo eye wòno nu ̃ɖi abe tsi ene!

17 "Ɖo tom ne maɖe nu me na ;

na magblɔ nu si teƒe mekpɔ la na ,

18 nu si nunyalawo ɖe gbeƒãe

eye womeɣla naneke si woxɔ tso wo fofowo gbɔ o,

19 ame siwo ko wotsɔ anyigba la na,

esi amedzro aɖeke meto wo dome o.

20 Ame ̃ɖi kpea fuwo ƒe fu le

eƒe agbemeŋkekewo katã me,

nenema ke ŋutasẽla kpea fu le ƒe

siwo katã woɖo ɖi la me.

21 Gbeɖiɖi siwo ŋu ŋɔdzi le la eƒe tome fũu

eye ne wòdze abe nuwo ɖe wole afɔ tsɔm ene la,

adzohawo va dzea edzi.

22 Dzi ɖe le eƒo be mate ŋu asi le viviti la nu o

elabena wotsɔe de asi na yi.

23 Ele tsaglalã tsam le nuɖuɖu dim abe akaga ene

elabena enya be vivitidogbe la tu aƒe kpokploe.

24 Xaxa kple vevesese na ŋɔdzi eya amea ŋutɔ

eye wova dze edzi abe fia si le klalo na aʋakpekpe ene.

25 Elabena eŋlɔ do ɖe mo na Mawu

eye wòdze aglã ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu,

26 helũ ɖe edzi ɖekematsɔlemetɔe

kple akpoxɔnu titri sesẽ aɖe.

27 "Togbɔ be eda ami ɖe mo gbɔ

eye wòlolo ɖe ali gbɔ la,

28 anɔ du gbagbãwo kple siwo me ame aɖeke mele o la me,

siwo gbã zu glikpo.

29 Magakpɔ hotsui o eye eƒe kesinɔnuwo maganɔ anyi

alo eƒe nunɔamesiwo nagbagba ɖe anyigba dzi o.

30 Masi le viviti la nu o, dzo ƒe aɖe ana eƒe alɔwo nayrɔ

eye Mawu ƒe numegbɔgbɔ akplɔe adzoe.

31 Megable eɖokui, atsɔ eƒe dzi aɖo nu si nye tofloko la ŋu o

elabena ɖeke maɖe vi o.

32 Hafi eƒe ɣeyiɣi nade la, woaɖo eteƒe

abe ale si dze ene eye eƒe alɔdzewo matsi ɖe edzi o.

33 Anɔ abe wainka si ŋu wogbe waintsetse gbogbowo katã le la ene

alo abe amiti si dudu eƒe seƒoƒowo ene.

34 Elabena mawumavɔ̃lawo ƒe ha madzi ɖe edzi o

eye dzo afia ame siwo ̃a zãnuxɔxɔ ƒe agbadɔwo.

35 Wofɔa fukpekpe ƒe fu, hedzia nu ̃ɖi

eye beble ɖoa atsyɔ̃ ɖe woƒe vidzidɔwo me."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também