Yesu yɔ dɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe
1 Esi Yesu yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe. 2 Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, "Nufiala, ame kae wɔ nu vɔ̃, ŋutsu sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃wo tae wodzii ŋkuagbãtɔea? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu vɔ̃woe?"
3 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Menye ame sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃ ta ame sia ƒe ŋku gbã ɖo o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia. 4 Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe dɔ. Ne zã do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. 5 Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la."
6 Esi wògblɔ nya sia la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la blu ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi. 7 Azɔ egblɔ nɛ be, "Yi nàle tsi le Siloam Ta la me" (Siloam gɔmee nye, "Wodɔe ɖa"). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu.
8 Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubiala wònye la bia wo nɔewo be, "Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?"
9 Ame aɖewo be eyae, eye ɖewo hã be menye eyae o, ɖeko wòɖii. Ke ŋutsu la ŋutɔ gblɔ be, "Nyee."
10 Ameawo biae be, "Ke aleke wɔ hafi wò ŋkuwo ʋu?"
11 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, "Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be maɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu, eye mede asi nukpɔkpɔ me."
12 Ameawo gabiae be, "Afi ka ame sia le?"
Eɖo eŋu na wo be, "Nyemenya o."