Pular para o conteúdo
Publicidade

João 9

Yesu ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe

1 Esi Yesu yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe. 2 Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, "Nufiala, ame kae nu ̃, ŋutsu sia alo edzilawo ƒe nu ̃wo tae wodzii ŋkuagbãtɔea? Eya ŋutɔ ƒe nu ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu ̃woe?"

3 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Menye ame sia alo edzilawo ƒe nu ̃ ta ame sia ƒe ŋku gbã ɖo o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia. 4 Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe . Ne do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ o. 5 Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la."

6 Esi wògblɔ nya sia la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la blu ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi. 7 Azɔ egblɔ be, "Yi nàle tsi le Siloam Ta la me" (Siloam gɔmee nye, "Wodɔe ɖa"). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu.

Veja também