6 "Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene. 7 Nu si wòle be nàwɔ koe nye nàsẽ ŋu, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ se siwo katã nye dɔla, Mose de na mi la dzi. Migatrɔ le eyome ɖe ɖusime alo miame o, be wòadze edzi na mi le afi sia afi si miayi. 9 Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi."