11 Zekaria nɔ kɔkɔeƒe la, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka, eye wònɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la ƒe nuɖusime. 12 Esi Zekaria kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi. 13 Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, "Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes. 14 Mi ame eve la miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le edzidzi ta, eye ame geɖewo hã atso aseye kpli mi, 15 elabena ɖevi la anye gã le Aƒetɔ la ŋkume. Mano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eme taŋtaŋtaŋ hafi woadzii gɔ̃ hã, eye 16 akplɔ Israelvi geɖewo ava Mawu si nye woƒe Aƒetɔ la gbɔe. 17 Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo."