Pular para o conteúdo
Publicidade

Luka 1

59 Esi ɖevia ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zekaria , 60 gake Elizabet gblɔ be, "Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes."

61 Amewo do ɣli be, "Nu ka? Ame aɖeke mele ƒome blibo la me si woyɔna nenema o."

62 Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia. 63 Zekaria na wotsɔ nuŋlɔkpe aɖe , eye nukutɔe la, eŋlɔ ɖe kpe la dzi be, "Eŋkɔe nye Yohanes."

Veja também