Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 1

Zekaria ƒe nyagblɔɖi

67 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la fofoa Zekaria me, eye wògblɔ nya siawo ɖi be,

68 "Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la,

elabena eva, eye wòɖe eƒe dukɔ.

69 Eɖo ɖeɖe ƒe ŋusẽ anyi na le eƒe dɔla,

David ƒe aƒe me

70 (abe ale si wògblɔe to eƒe Nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene),

71 be yeaɖe tso míaƒe futɔwo

kple ame siwo fu la ƒe asi me,

72 ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo,

eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe,

73 kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi

74 be yeaɖe tso míaƒe futɔwo ƒe asi me,

ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe

75 le eŋkume le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye

me le míaƒe ŋkekewo katã me.

76 "Ke , vinye, woayɔ be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Nyagblɔɖila,

elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nàdzra ɖo ɖi ,

77 ne nàtsɔ xɔxɔ ƒe sidzedze na eƒe dukɔ to

woƒe nu ̃wo ƒe tsɔtsɔke me,

78 le míaƒe Mawu la ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta,

to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na tso dziƒo,

79 ne wòaklẽ na ame siwo le viviti me

kple ku ƒe vɔvɔli te,

ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe dzi."

Veja também