Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 10

30 Yesu ɖo biabia sia ŋu kple lododo sia be, "Ŋutsu aɖe si zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yeriko la va ge ɖe adzodalawo si me. Adzodalawo vuvu awu le eŋu, ƒoe vevie, eye wògblẽe ɖe mɔa to wòku afã kple afã. 31 Dzɔgbenyuitɔe la, Yudatɔwo ƒe nunɔla aɖe va to afi ma yina, esi wòkpɔ amea le mɔa to la, edze to eŋu yi ɖato mɔa ƒe akpa evelia, eye wòdzo le egbɔ. 32 Levitɔ aɖe si nye ame siwo naa kpekpeɖeŋu le gbedoxɔ me la dometɔ aɖe va kpɔ amea wòmlɔ mɔa to, gake eya tso eme dzo. 33 Gake Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o va yina, eye esi wòkpɔ amea la, eƒe nu nublanui ŋutɔ. 34 Etɔ, dze klo ɖe egbɔ, eye wòklɔ eƒe abiawo hetsɔ ami kple wain ɖo wo me hebla abiawo. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi, eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va ɖo amedzrodzeƒe aɖe, eye wònɔ egbɔ bliboa. 35 Esi ŋu ke la, Samariatɔ la tsɔ ga home si hiã la na amedzrodzeƒedzikpɔla be wòatsɔ akpɔ amea dzii. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, Nenye be nu si miegblẽ ɖe eta gbɔ wu ga home si metsɔ na mi la, mava xe fea mamlɛa nenye be megatrɔ va afii.’ "

36 Yesu bia agbalẽfiala la azɔ be, "Le ame etɔ̃ siawo dome ɖe, kae nèbu be enye havi na ame si dze adzodalawo si me?"

37 Ŋutsu la ɖo eŋu be, "Ame si kpɔ nublanui lae nye ehavi."

Yesu gblɔ be, "Eɖo eŋu nyuie, heyi, eye nawɔ nenema."

Veja também