Yesu da gbe le ŋutsu tete aɖe ŋu le Sabat dzi
1 Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie. 2 Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tetedɔ lém la dze ŋgɔe.
3 Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, "Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkekea dzia?"
4 Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu, eye wòda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo.