Publicidade

Lucas 14

Yesu da gbe le ŋutsu tete aɖe ŋu le Sabat dzi

1 Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie. 2 Afi ma ŋutsu aɖe si tetedɔ lém la dze ŋgɔe.

3 Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo tsitre ɖe afi ma be, "Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkekea dzia?"

4 Womeɖo biabia la ŋu o, ale Yesu dɔnɔa ƒe alɔnu, eye wòda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe wòdzo.

5 Yesu gatrɔ ɖe ameawo ŋu bia wo be, "Mia dometɔ kae mewɔa le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. Nenye be via alo eƒe nyi ge dze do me le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi ɖe, meɖenɛ enumake oa?"

6 Ameawo mete ŋu ɖo biabia sia ŋu o.

Aɖaŋuɖoɖo na ame kpekpewo kple amekpelawo

7 Yesu kpɔ be ame siwo katã wokpe be woava ɖu nua la tia kplɔ̃a ta. Le esia ta edo lo na wo gblɔ be, 8 "Nenye be wokpe ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègaʋli be yeanɔ kplɔ̃ ta o, elabena ne ame ŋkuta aɖe si ŋu bubu le wu la va la, 9 ne edzɔ nenema la, ame si kpe la akplɔe va afi si nènɔ eye wòagblɔ na be, Tso nàtsɔ nɔƒe na ame sia.Esia ana be ŋu akpe , eye nàyi aɖanɔ zikpui sia zikpui si le kplɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi.

10 "Nu si boŋ wòle be nàwɔe nye esi, yi ɖanɔ teƒe aɖe le kplɔ̃a ƒe nuwuwu, eye ne ame si kpe la ŋutɔ kpɔ la, ava gblɔ na be, Nɔvi, míegblẽ nɔƒe nyui aɖe ɖi na !Ale wòade bubu ŋuwò le ame siwo katã wòkpe la ŋkume. 11 Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu."

12 Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ be, "Ne èɖo kplɔ̃ la, mègakpe ̃wòwo, nɔviwòwo kple ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena woawo ava kpe ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe. 13 Boŋ la, kpe ame dahewo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo. 14 Ekema le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsiŋkekea dzi la, Mawu ŋutɔ axe fe na be èwɔ dɔmenyo na ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na o."

Lododo le kplɔ̃ɖoɖo la ŋuti

15 Esi ŋutsu aɖe si kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siawo la, egblɔ na Yesu be, "Woayra ame siwo aɖu abolo le mawufiaɖuƒe la me!"

16 Yesu ɖo eƒe nya la ŋu be, "Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ aɖe, eye wòkpe ame geɖewo. 17 Esi nu sia nu gbe be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo .

18 "Gake ame sia ame de asi taflatsedodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatse be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme, eya ta yemate ŋu ava o.

19 "Bubu do taflatse be yeƒle nyitsu ewo be woawɔ le yeƒe agble me, eya ta yeyina wo do ge akpɔ.

20 "Ame bubu gado taflatse be nyitsɔ laa ko yeɖe srɔ̃, eya ta yemate ŋu agblẽ nyɔnu la ɖi ava o.

21 "Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. me ve aƒetɔa ŋutɔ, eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui.

22 "Togbɔ be dɔla la esia la, egblɔ be, Aƒetɔ wowɔ se si nède la dzi, gake nɔƒe gali.

23 "Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, Enyo, yi dua ƒe gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nàƒoe ɖe ame siwo katã nàkpɔ la nu be woava, be aƒea me nayɔ. 24 Elabena mele egblɔm na mi be ame siwo katã mekpe gbã la ƒe ɖeke maɖɔ nu siwo meɖa na wo la ƒe ɖeke kpɔ o.’ "

Nugbegbe le ame ɖokui gbɔ si hiã le Yesu yomedzedze me

25 Ame geɖe ŋutɔ Yesu yome yiyim. Ale wòtrɔ ɖe wo ŋu hegblɔ na wo be. 26 "Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ɛ̃, le nyateƒe me, ele be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe ̃ . Ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. 27 Ame si matsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo o la mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.

28 "Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu, eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã? 29 Ne mewɔ nenema o, wòɖo xɔa ƒe gɔmeɖokpewo anyi, eye mete ŋu tui wu enu o la, ame siwo katã kpɔe la ade asi fewuɖuɖu le eŋu me. 30 Woaɖu fewu le eŋu be, Mikpɔ ame ma ɖa! Eyae dze ma tutu gɔme, gake mete ŋu wu enu hafi ga le esi o.

31 "Alo fia kae atso kpla ko ayi aʋa, ke mayɔ eƒe aɖaŋudelawo be woawɔ akɔnta le futɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu, akpɔe ɖa be yeƒe asrafo akpe ewo ate ŋu aɖu futɔwo akpe blaeve dzi o? 32 Nenye be wòkpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be yeawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ. 33 Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o, negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe kesinɔnuwo katã ŋu, eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi!

Dze si bu eƒe vivi

34 "Dze la, nu vevi ye, ke ne dze bu eƒe vivi la, ŋudɔwɔnu kae wòganye? 35 Menyo na anyigba alo na aɖukpo dzi o; ɖeko woatsɔe aƒu gbe.

"Ame si to senu li na la nesee."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-