20 "Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna." Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.
21 "Ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò, eye nyemegadze be manye viwò o.’
22 "Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ. 23 Miwu nyivi dami si le nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ.