Lododo le kesinɔtɔ kple Lazaro ŋuti
19 "Ke ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, ame sia doa awu xɔasiwo, eye wònɔa dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe. 20 Ŋutsu dahe aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ƒe ŋuti yɔ fũu kple abiwo, eye wònye nubiala la va mlɔa kesinɔtɔ sia ƒe agbo nu. 21 Emlɔa afi sia henɔa mɔ kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo va nɔa eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu.
22 "Mlɔeba la, Lazaro nubiala la va ku, eye mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la hã ku mlɔeba, eye woɖii. 23 Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ. 24 Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’
25 "Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le wò agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me. 26 Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe gã aɖe le mí kpli wò dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se, eye ame aɖeke hã mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.’
27 "Ale kesinɔtɔ la gblɔ be, ‘Fofo Abraham, ekema dɔ Lazaro ɖe fofonye ƒe aƒe me, 28 elabena nɔviŋutsu atɔ̃ bubuwo gale megbea be wòagbe nya na wo tso agbe si ƒomevi wole la ŋu be ne woawo hã va ku la, womava dzomavɔ sia me o.’
29 "Abraham ɖo eŋu be, ‘Mose kple Nyagblɔɖilawo le wo gbɔ, woaɖo to woawo.’
30 "Egblɔ be, ‘Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.’
31 "Egblɔ nɛ be, ‘Nenye be womaɖo to Mose kple Nyagblɔɖilawo o la, ne ame aɖe fɔ tso ame kukuwo dome gɔ̃ hã la, mate ŋu aƒoe ɖe wo nu woaxɔe o.’ "