Publicidade

Lucas 16

Lododo le xɔnuvi dzeaye la ŋuti

1 Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be, "Kesinɔtɔ aɖe gakɔntametola aɖe be wòakpɔ eƒe ganyawo dzi . Eteƒe medidi o la, eva se be gakɔntametola la nye ame fiti aɖe ŋutɔ.

2 "Le esia ta la, kesinɔtɔ la yɔe gblɔ be, Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la, menya le me.

3 "Gakɔntametola la yi ta me sẽe, eye wòbia eɖokui be, Nu ka mawɔ fifia? Nye aƒetɔ nyam le afi sia, evɔ ŋusẽ mele ŋunye be mayi aɖawɔ sesẽ aɖeke o, eye nyemate ŋu abia nu o, elabena esia aɖe dzinye kpɔtɔ akpa. 4 Menya nu si mawɔ! Ele be madi xɔlɔ̃wo fũu, esiwo gbɔ maɖu nu le ne medzudzɔ dɔa.

5 "Ale wòyɔ eƒe aƒetɔ ƒe fenyilawo ɖekaɖeka. Ebia gbãtɔ be, Ho neni ƒe fe nènyi le nye aƒetɔ ŋu?

6 "Eɖo eŋu be, Amitimi kilolita etɔ̃.’

"Gakɔntametola gblɔ be, Tsɔ fegbalẽ gbãtɔ, anyi kaba, eye nàtrɔe wòazu kilolita ɖeka kple afã.

7 "Tete wòbia ame evelia be, Fe nenie ya nènyi?

"Eɖo eŋu be, Lu kilo blaetɔ̃ atɔ̃.’

"Egblɔ be, Tsɔ fegbalẽ, eye nàŋlɔ kilo blaetɔ̃.’

8 "Aƒetɔ la kafu nuteƒemawɔla sia le eƒe aɖaŋudzedze ta. Eye enye nyateƒe be ame siwo le xexe sia me la dze aye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me tsɔ wu ame siwo ̃a Mawu."

9 Mele egblɔm na mi be mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui, ne wo nu va yi la, woaxɔ mi ɖe aƒe mavɔ la me.

10 "Ame si te ŋu nuteƒe le nu suetɔ me la ate ŋu awɔ nuteƒe le nu geɖewo me, eye ame si nye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu suetɔ me la anye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo me. 11 Ne amewo mekana ɖe mia dzi ɣe aɖeke ɣi le xexemekesinɔnuwo ŋuti o la, ame kae atsɔ dziƒo nu xɔasi vavãwo ade mia si? 12 Eye nenye be mieɖia anukware le ame bubuwo ƒe nu siwo wotsɔ de mia si me ŋu o la, aleke woatsɔ si nye ŋutɔ tɔwò la ade asi na ?

13 "Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o. Agbe nu le ɖeka gbɔ, eye wòatsɔ lɔlɔ̃ na evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple ga o."

Se la kple mawufiaɖuƒe la

14 Farisitɔ siwo ̃a ga vivivo la se nya siawo katã, eye woɖo hehe ɖe Yesu ta. 15 Yesu gblɔ na wo be, "Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu ̃ɖiwo." Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume.

16 "Hafi Yohanes Mawutsidetanamela nadze mawunyagbɔgblɔ gɔme la, Mose ƒe sewo kple Nyagblɔɖilawo ƒe gbedeasiwo koe kplɔa mi. Gake Yohanes tsɔ nyanyui sia be mawufiaɖuƒe la gbɔna kpuie. Eye fifia la, ame geɖe ŋutɔ le ʋiʋlim vevie be yewoage ɖe eme. 17 Gake esia mefia be sea ƒe ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ le aɖeke nu o. Ŋusẽ gale eŋu, eye wòle te sesĩe abe dziƒo kple anyigba ene.

18 "Eya ta ne ame aɖe gbe srɔ̃a, eye wòɖe nyɔnu bubu la ewɔ ahasi, eye ame si ɖe nyɔnu si ŋu woɖe asi le la ahasi."

Lododo le kesinɔtɔ kple Lazaro ŋuti

19 "Ke ŋutsu kesinɔtɔ aɖe anyi, ame sia doa awu xɔasiwo, eye wònɔa dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe. 20 Ŋutsu dahe aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ƒe ŋuti fũu kple abiwo, eye wònye nubiala la va mlɔa kesinɔtɔ sia ƒe agbo nu. 21 Emlɔa afi sia henɔa kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo va nɔa eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu.

22 "Mlɔeba la, Lazaro nubiala la va ku, eye mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la ku mlɔeba, eye woɖii. 23 Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ. 24 Edo ɣli sesĩe be, Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo sia me.

25 "Gake Abraham gblɔ be, Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke ya èle vevesese me. 26 Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe aɖe le kpli dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se, eye ame aɖeke mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.

27 "Ale kesinɔtɔ la gblɔ be, Fofo Abraham, ekema Lazaro ɖe fofonye ƒe aƒe me, 28 elabena nɔviŋutsu atɔ̃ bubuwo gale megbea be wòagbe nya na wo tso agbe si ƒomevi wole la ŋu be ne woawo va ku la, womava dzomavɔ sia me o.

29 "Abraham ɖo eŋu be, Mose kple Nyagblɔɖilawo le wo gbɔ, woaɖo to woawo.

30 "Egblɔ be, Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.

31 "Egblɔ be, Nenye be womaɖo to Mose kple Nyagblɔɖilawo o la, ne ame aɖe tso ame kukuwo dome ̃ la, mate ŋu aƒoe ɖe wo nu woaxɔe o.’ "

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-