Publicidade

Lucas 18

Lododo le ahosi kple ʋɔnudrɔ̃la la ŋu

1 Gbe ɖeka la, Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehiã be woanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye ɖeɖi megate wo ŋu o.

2 Egblɔ na wo be, "Ʋɔnudrɔ̃la aɖe du aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke ɖe naneke me o. 3 Ahosi aɖe si dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va kuku ɖem be, Ɖem le nye ketɔ si me.

4 "Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la, egblɔ na eɖokui be, Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o la, 5 le ahosi sia ƒe fuɖeɖe nam atraɖii ta la, makpɔ egbɔ be wotrɔ nu si nye etɔ la ale be magana be nu nati nam mlɔeba la le eƒe fuɖeɖe nam ta o!’ "

6 Aƒetɔ la yi edzi be, "Mise nu si ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔ. 7 Miebu be Mawu matso afia na eƒe ame tiatia siwo le kuku ɖem kple keli la oa? Ɖe magbɔ dzi ɖi na wo oa? 8 Mele egblɔm na mi be aɖe wo enumake. Gake biabia lae nye be nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la metrɔ gbɔ ɖe, ame neni makpɔ siwo ƒe xɔse anɔ te le anyigba dzi?"

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-