Yesu dze nudzɔla Zaxeo gbɔ
1 Yesu ge ɖe Yeriko du la me, eye wòzɔ to dua me. 2 Ŋutsu aɖe nɔ dua me, ame si ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã, eye wònye kesinɔtɔ hã. 3 Ame sia di be yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta eye amehawo hã ƒo xlãe. 4 Le esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma.
5 Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, "Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe."
6 Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòxɔ Yesu kple dzidzɔ. 7 Nu sia medzɔ dzi na ameha la o. Wolĩ liʋĩliʋĩ gblɔ be, "Eyi be yeadze nu vɔ̃ wɔla gã sia ƒe aƒe me."
8 Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, "Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!"
9 Yesu gblɔ nɛ be, "Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye. 10 Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo."