4 Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me. 5 Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu nɔ eƒo le ɣe ma ɣi me.
6 Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi, 7 ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o.