Yesu gblɔ nya le eƒe vava zi evelia ŋuti
25 "Azɔ la, dzesi dziŋɔwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo me, eye woatɔtɔ, elabena atsiaƒu aɖe gbe sesĩe, eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe. 26 Ame geɖewo abu mɔkpɔkpɔ le vɔvɔ̃ ku ɖe nu dziŋɔ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe anyigba sia dzi ta, elabena ŋusẽ siwo le dziƒo la hã aʋuʋu. 27 Ale ame siwo le anyigba dzi la akpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ lilikpowo dzi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me. 28 Eya ta ne nu siawo katã le dzɔdzɔm la, minɔ te sesĩe, eye mianɔ ŋudzɔ, elabena ɣeyiɣia ɖo vɔ be woaɖe mi."