19 Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, "Esia nye nye ŋutilã si metsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye."
20 Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be, "Kplu sia nye nubabla yeye le nye ʋu si wokɔ ɖe anyi le mia ta la me.