Publicidade

Lucas 23

33 Esi woɖo teƒe si woyɔna be "Ametakoliƒe" la, woklãe ɖe ati ŋu le afi ma, hlɔ̃dola ɖeka le eƒe nuɖusime, eye ɖeka le eƒe miame.

34 Sẽe la, Yesu do ɣli sesĩe be, "Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu ̃wo ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole la o." Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu, eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi hemae.

35 Ameha aɖe afi ma Yesu kpɔm. Ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo wo dome la fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, "Ame sia ɖe ame geɖewo, ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe eya ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Kristo si nye Mawu ƒe Ame tiatia la vavã."

36 Asrafo siwo eŋu dzɔm ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi be wòano, 37 eye wogblɔ be, "Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe ŋutɔ ɖokuiwò."

38 Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be,

ame siae nye Yudatɔwo ƒe Fia.

39 Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, "Ke boŋue nye Kristo la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwò, eye nàɖe míawo le atitsoga la ŋue."

40 Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, "Ɖe mevɔ̃a Mawu oa, esi katã míele fɔbubu ma ke tea? 41 Míawo ya tohehe sia dze , elabena nu si dze míaƒe nu ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu ̃ aɖeke o." 42 Eyi edzi be, "Yesu ɖo ŋku dzinye le fiaɖuƒe la me."

43 Yesu ɖo eŋu be, "Vavã mele egblɔm na be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-