25 Yesu gblɔ na wo be, "Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase! 26 Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?" 27 Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo.
Publicidade