Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 7

31 Azɔ Yesu bia wo be, "Aleke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu matsɔ wo asɔ ɖo? 32 Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asi me fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be,

" Míeku dzidzɔkpẽ na mi,

ke mieɖu ɣe o;

eye míedzi konyifahawo na mi,

ke miefa avi o.

33 Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, Gbɔgbɔ ̃ le eme.34 Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu ̃ wɔlawo. 35 Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ."

Nyɔnu nu ̃ wɔla aɖe si ami na Yesu

36 Eva eme be Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi wonɔ kplɔ̃a ŋu la, 37 nyɔnu nu ̃ wɔla aɖe si le dua me la se be Yesu nu ɖum le Farisitɔ la ƒe aƒe me. Eyi ɖatsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe ɖe asi.

Veja também