Pular para o conteúdo
Publicidade

Luka 9

Yesu nusrɔ̃la wuieveawo

1 Gbe ɖeka Yesu eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ ̃wo do goe le ameawo me, eye woada gbe le ƒomevi vovovowo lélawo ŋu. 2 Le esia megbe la, edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame, eye woayɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi.

3 Ede se na wo be, "Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, atizɔti loo alo mɔzɔkotoku, alo abolo, alo klosalo, alo awu eve o. 4 Ne mieɖo du aɖe me la, midze aƒe ɖeka ko me." 5 Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la, midzo le dua me. Ke ne miedzo yina la, miʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti.

6 Ale nusrɔ̃lawo dze tsatsam le du kple kɔƒewo me, henɔ nyanyui la kakam, eye wonɔ gbe dam le dɔnɔwo ŋu.

Veja também