Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 9

12 Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, "Na ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o."

13 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu."

Woawo gagblɔ be, "Aleke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le míawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?" 14 (Wogblɔ esia, elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃.)

Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me" 15 ale ameha la anyi nenema.

16 Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme. 17 Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo, eye le nua ɖuɖu megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me woyɔ.

Veja também