Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 9

Yesu yomedzedze ƒe xaxawo

57 Esi wonɔ mɔa dzi yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ be, "Medi be makplɔ ɖo ayi afi sia afi si nàyi la."

58 Yesu ɖo eŋu be, "Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo , atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o."

59 Egblɔ na ame bubu be, "Dze yonyeme!"

Ke ŋutsu la ɖo eŋu be, "Aƒetɔ, na mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi."

60 Yesu ɖo eŋu gblɔ be, "Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo, ke ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo."

61 Ame bubu aɖe si wòyɔ la gblɔ be, "Aƒetɔ, madze yowòme, gake na mayi aɖaklã nye ƒometɔwo gbã hafi mava."

62 Yesu gblɔ be, "Ame si le agble ŋlɔm, eye wògale megbe kpɔm la medze na mawufiaɖuƒe la o."

Veja também