Pular para o conteúdo
Publicidade

Levítico 17

Wode se ɖe ƒe ʋuɖuɖu ŋu

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 "Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, Esiae nye se si Yehowa de: 3 Israelvi ɖe sia ɖe si asa kple nyitsu, alẽvi alo gbɔ̃ le asaɖa la me alo egodo 4 le esime wòatsɔe ava Mawu ƒe Agbadɔ la nu bena woasa na Yehowa le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe ŋkume teƒe la, woabu ame ma be eɖi le ʋukɔkɔɖi me. Ekɔ ʋu ɖi, eye ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome. 5 Se sia ƒe taɖodzinue nye wòana be Israelviwo magasa le gbedzi o, ke boŋ wòana be woatsɔ woƒe vɔsanuwo na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, woatɔ dzo ami la abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene, wòanye nu si adze Yehowa ŋu, eye wòado dzidzɔ . 6 Nu sia wɔwɔ ana nunɔla la nate ŋu ahlẽ ʋu la ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatɔ dzo lãwo ƒe ami abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene na Yehowa. Nu sia adze Yehowa ŋu eye wòado dzidzɔ . 7 Woawɔ alea, ale be amewo masa na gbɔgbɔ ̃wo le gbedzi o. Esia anye se na mi tegbetegbe tso dzidzime yi dzidzime.

8 "Gblɔ na wo be, Israelvi aɖe alo amedzro aɖe si le mia dome, ame si asa numevɔ alo vɔsa bubu aɖe, 9 eye metsɔe va Mawu ƒe Agbadɔ la nu be wòasa la na Yehowa o la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome.

10 " Mado dɔmedzoe ɖe ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si aɖu aɖe ƒe ʋu la ŋu. Maɖee ɖa le eƒe amewo dome. 11 Esi aɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me ta la, metsɔ lãwo ƒe ʋu na mi be miahlẽ ɖe vɔsamlekpui la dzi abe miaƒe luʋɔwo ŋuti kɔkɔ ene. Ʋue léa avu, elabena eyae nye agbe la. 12 Nu sia tae mede se na Israelviwo alo amedzro siwo le wo dome la be womekpɔ aɖu aɖeke ƒe ʋu o ɖo.

13 " Ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si yi adegbe, eye wòwu aɖe alo xevi aɖe, si ŋu se ɖe le be woaɖu la, ele be wòatsyɔ ʋu la akɔ ɖe anyigba, eye wòakplɔ ke atsyɔ edzi, 14 elabena ʋue nye agbe la, eya tae megblɔ na Israelviwo be womaɖui gbeɖegbeɖe o, elabena xevi ɖe sia ɖe kple ɖe sia ɖe ƒe agbee nye eƒe ʋu, eya ta ele be woatsrɔ̃ ame sia ame si aɖu ƒe ʋu la.

15 " Kpe ɖe esia ŋu la, ele na ame sia ame, Israelvi alo amedzro, si aɖu aɖe si ku le eɖokui si alo aɖe si lénu aɖe vuvu la, be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eƒe ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Esia megbe la, eƒe ŋuti akɔ. 16 Ke ne menya eƒe awuwo o, eye mele tsi o la, ekema eya ŋutɔ akpɔ eyomedzenu.’ "

Veja também