5 "Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe, 6 ada ɖe fli eve me: ade nanɔ fli ɖeka me le sikakplɔ̃ si le tsitre ɖe Yehowa ŋkume la dzi. 7 Woatsɔ wɔ memee kilogram wuieve ame abolo ɖe sia ɖe. Woawu lifi ɖe fli eveawo dzi. Esia anye dzovɔsa na Yehowa, 8 Woaɖoe Yehowa ƒe ŋkume ɖaa Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe, eye miatsɔe aɖo ŋku Mawu ƒe nubabla mavɔ si wòwɔ kple Israelviwo la dzi. 9 Aron kple via ŋutsuwo aɖu abolo la le teƒe tɔxɛ si woɖo na aboloawo ɖuɖu, elabena esiawoe nye dzovɔ si wosa na Yehowa le eƒe se mavɔ la nu. Wonye nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo."
Publicidade