12 "Nenye akpedada tae wole vɔ la sam ɖo la, ekema woatsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la akpe ɖe vɔsalã la kple akaklɛ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple wɔ memee si woblu kple ami hetsɔ tɔ wɔkakloe la ŋu. 13 Ne wole akpedavɔ kple ŋutifafavɔ sam la, woawɔ abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ŋu dɔ. 14 Woatsɔ vɔsa sia ƒe akpa aɖe aɖo Yehowa ŋkume abe vɔsa tɔxɛ ene, ekema woatsɔe ana nunɔla si hlẽa vɔsalã ƒe ʋu. 15 Le lã la tsɔtsɔ sa vɔe kple etsɔtsɔ na Yehowa abe ŋutifafavɔsa ene be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada tɔxɛ afia vɔ megbe la, woaɖu vɔsalã la gbe ma gbe ke, eye ɖeke matsi anyi ŋu nake o.
Publicidade