12 Esi ŋu ke ŋdi, eye wotrɔ tso Betania gbɔna la, dɔ wu Yesu le mɔa dzi. 13 Ekpɔ gboti aɖe si da ama ŋutɔ, ale wòte ɖe eŋu be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã, gake aŋgbawo koe nɔ ati la dzi, elabena eƒe kutseɣi meɖo o.
14 Yesu ƒo fi de ati la be, "Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o." Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ la.