Nusɔsrɔ̃ tso gboti si yrɔ la ŋu
20 Esi ŋu ke ŋdi la, wova to gboti si Yesu ƒo fi de la ŋuti, eye wokpɔ be, ati la yrɔ sũu. 21 Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na ati la dzi, eye wògblɔ be, "Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!"
22 Yesu ɖo eŋu be, "Mixɔ Mawu dzi se. 23 Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, ‘Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme nɛ. 24 Eya ta mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la, mixɔe se be miaxɔe, eye wòaka mia si hã. 25 Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔ me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. [