Pular para o conteúdo
Publicidade

Marcos 14

Yesu ƒe fiẽnuɖuɖu mamlɛ la

22 Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be, "Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã."

23 Etsɔ wainkplu la heda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo eye wo katã wonoe le enu.

24 Egblɔ na wo be, "Esiae nye nye ʋu, si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta. 25 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o, va se ɖe gbe ma gbe, esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me."

Veja também