3 Sẽe la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe. 4 Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme.
5 Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, "Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!"
6 Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be, 7 "Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?"
8 Yesu nya nu si bum ameawo nɔ, eya ta egblɔ na wo enumake be, "Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? 9 Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò loo alo woagblɔ nɛ be, "Tso, kɔ wò aba ne nàzɔ azɔli?" ’ 10 Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi." Egblɔ na lãmetututɔ la be, 11 "Mele egblɔm na wò be tsi tre! Ŋlɔ wò aba nàyi aƒe me!"
12 Ŋutsu la tso enumake, kɔ eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, "Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!"