Pular para o conteúdo
Publicidade

Marcos 3

22 Gake Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, "Belzebul, gbɔgbɔ ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem . Esia tae gbɔgbɔ ̃wo ɖoa toe ɖo."

23 Yesu ɖeklemiɖela siawo, hedo lo sia na wo be, "Aleke Satana agate ŋu atsi tsitre ɖe Satana ŋuti? 24 Fiaɖuƒe si ma ɖe eve la, mate ŋu anɔ te o, agbã godoo. 25 Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la mate ŋu anɔ te o. 26 Ne Satana tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la, ekema mate ŋu anɔ te o, ke boŋ atsrɔ̃. 27 Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒe me, alɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe o, negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo. 28 Mele nyateƒe la gblɔm na mi be woatsɔ amewo ƒe nu ̃wo kple woƒe busunyawo katã ake wo, 29 ke ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. Ame sia nu ̃ mavɔ."

30 Yesu gblɔ nya sia, elabena ameawo gbɔgblɔm be gbɔgbɔ ̃ le eme.

Veja também