25 Nyɔnu aɖe nɔ ameawo dome si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ. 26 Nyɔnu sia kpe fu, tsa le atikewɔla geɖewo dzi ƒe geɖewo, eye wògblẽ ga geɖe hã be woada dɔa na ye, gake mekpɔ dɔyɔyɔ o, dɔléle la ɖeko wòganyra ɖe edzi nɛ boŋ. 27 Ese nukunu geɖe siwo Yesu wɔ, eya ta eʋli eɖokui, to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awu ŋu, 28 elabena exɔe se, eye wògblɔ le eɖokui me be, "Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la, nye lãme asẽ." 29 Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake, eye wòse le eɖokui me hã be yehaya.