22 Eva dzɔ be Herod ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na ame kpekpeawo. Eƒe ɣeɖuɖu do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ.
Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvi la be, "Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la, mana wò." 23 Eka atam nɛ be, "Nu sia nu si nàbia la, matsɔe na wò; nenye nye fiaɖuƒe la ƒe afã nèbia hã la, mana wò."
24 Nyɔnuvi la yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la nɛ. Dadaa gblɔ nɛ be, "Yi nàbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta."
25 Nyɔnuvi la gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, "Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam."
26 Nya sia ve fia la ŋutɔ, gake anye ŋukpe be wòada le atam si wòka la dzi le eƒe ame kpekpeawo ŋkume, 27 eya ta eɖo asrafo si le eŋu dzɔm la ɖa be wòayi aɖatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ na ye. Asrafo la yi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ la me 28 hetsɔ de agba me vɛ na nyɔnuvi la, eye wòtsɔe yi na dadaa.