Pular para o conteúdo
Publicidade

Marcos 6

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

30 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ tso woƒe mɔzɔzɔ la gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ, nya siwo katã wogblɔ kple teƒe siwo katã wode la . 31 Yesu se nya siawo keŋ, eye wòɖo aɖaŋu na wo be, "Mina míadzo le amehawo dome vie aɖadi teƒe aɖe anɔ adzudzɔ sẽe." Elabena ame geɖewo ŋutɔ wo gbɔ vam henɔ dzodzom, ale be ɣeyiɣi meli woaɖu nu o.

32 Ale wodzo le teƒe sia kple ʋu heyi teƒe aɖe si zi ɖoɖoe wu, 33 gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo, wonya afi si yim wonɔ, eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo, ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi le ʋu la me teti ko. 34 Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu nublanui ŋutɔ, elabena wole abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo.

35 Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ be, "Teƒe sia tso abo, evɔ le dodom, 36 eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo."

37 Gake Yesu gblɔ na wo be, "Miawo mina nuɖuɖu wo."

Nusrɔ̃lawo biae be, "Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home aɖe."

38 Yesu bia wo be, "Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa."

Woyi gbɔ va gblɔ be, "Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li."

39 Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. 40 Ale ameawo anyi ɖe hatsotso alafawo kple blaatɔ̃wo me. 41 Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme. 42 Ameawo ɖu nu la ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã, 43 eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve. 44 Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000).

Veja também