Yesu da gbe le ame aɖe si nye tokunɔ kple aɖetututɔ la ŋu
31 Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu. 32 Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ, eye amewo ɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe.
33 Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge, eye wòƒo eƒe asibidɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi. 34 Ewu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògbɔ fũu heɖe gbe be, "Hefata!" (si gɔmee nye "Ʋu!"). 35 Enumake ame la ƒe towo ʋu, eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie.
36 Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la. 37 Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, "Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!"