Pular para o conteúdo
Publicidade

Marko 7

9 Ɖe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ, eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe kɔnyinyiwo ta.

10 "Le kpɔɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, Bu fofowò kple dawò.Egblɔ kpe ɖe eŋu be, Ame si agblɔ nya vlo ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku,11 gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu). 12 Mieɖea be wòawɔ nu si dze be wòawɔ la na fofoa alo dadaa o. 13 Ale miegbe Mawu ƒe nya, eye miewɔna ɖe miaƒe kɔnyinyi, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea."

Veja também