34 Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒu be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, "Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la, ele be wòaɖe asi le nu siwo katã doa dzidzɔ nɛ la ŋu, wòakɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo. 35 Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la, miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ.
36 "Viɖe ka wòanye na ame be xexea me katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe to xexemenuwo didi me? 37 Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea? 38 Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya hã nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo."