Publicidade

Mateus 1

Yesu dzidzi

18 Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 19 Azɔ Yosef, ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye nuteƒewɔla, eya ta medi be yeado ŋukpe Maria le dutoƒo o; eɖoe be yeagbee le adzame.

20 Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ be, "Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃Maria kpɔkplɔ be wòava gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21 Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu ̃wo me."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-