Publicidade

Mateus 12

Sabat ŋkeke la ƒe aƒetɔ

1 Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo to bligble aɖewo me yina afi aɖe. Gbe ma gbe nye Dzudzɔgbe ŋkeke. nusrɔ̃lawo wum ɣe ma ɣi, eya ta woŋe bli aɖewo, eye woklẽ wo heɖu.

2 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ be, "nusrɔ̃lawo nu siwo mele se nu o la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi."

3 Ke Yesu bia wo be, "Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo esi wu wo la oa? 4 Eya kple eŋutimewo yi gbedoxɔ me, eye woɖu abolo tɔxɛ si mele se nu be woaɖu o, negbe nunɔlawo ko naɖu la. 5 Miexlẽe le Mose ƒe Segbalẽ la me kpɔ be nunɔla siwo le wɔm le gbedoxɔ me la gblẽa Dzudzɔgbe ŋkeke ƒe la me le gbedoxɔ me gake nu ̃ mele wo ŋu oa? 6 Le nyateƒe me la, ame aɖe le afi sia si de ŋgɔ boo wu gbedoxɔ sia! 7 Mawunya aɖe gblɔ be, Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ, ke menye miaƒe vɔsawo o.Ne ɖe miese mawunya sia gɔme la, anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o, 8 elabena Amegbetɔ Vi la nye Aƒetɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la ̃ ."

Ame si tsitsi asi na

9 Esia megbe la, eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, 10 eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi asi na la le afi ma. Farisitɔ siwo afi ma la biae enumake be, "Ele se la nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzia?" Wonɔ kpɔm be aɖo eŋu be "Ɛ̃," ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

11 Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, "Nenye be alẽ ge ɖe vudo me le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖe, màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo! 12 Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie wu alẽ oa? Eya ta ele se nu vavã be woawɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi."

13 Azɔ egblɔ na ame si tsitsi asi na la be, "Dzɔ asi," eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene. 14 Le nu si Yesu ta la, Farisitɔwo takpekpe kpata aɖe be yewoawɔ ɖoɖo ɖe ale si yewoawɔ alée awu ŋuti.

Mawu ƒe dɔla tiatia la

15 Yesu nya susu ̃ si ɖom Farisitɔawo , eya ta edzo le ƒuƒoƒe la, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo, eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã wo dome la ŋu. 16 Ke exlɔ̃ nu wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye la o. 17 Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya si wògblɔ ɖi tso eŋuti la nu be,

18 "Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si metia,

ame si melɔ̃ eye mekpɔa ŋudzedze le,

matsɔ nye gbɔgbɔ ɖe eya amea dzi

ne woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.

19 Mewɔa dzre alo doa ɣli o,

eye mèle eƒe gbe se ge le ablɔwo dzi o!

20 Mewɔa fu ame gblɔewo alo tsia woƒe mɔkpɔkpɔ suetɔ ̃ nu o.

Le eƒe dziɖuɖu mamlɛtɔ me la,

atsi dzrehehe ɖe sia ɖe nu,

21 eye eƒe ŋkɔ anye xexea me katã ƒe mɔkpɔkpɔ."

Yesu kple Belzebul

22 Azɔ wokplɔ ame aɖe si me gbɔgbɔ ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔe, eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie . 23 Nukunu sia moya na ameha la ale gbegbe be wodo ɣli gblɔ be, "Alo ame siae nye David ƒe Vi la?"

24 Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu la, wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, "Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ ̃ le amewo me to Belzebul si nye gbɔgbɔ ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me."

25 Yesu nya nu si gblɔm wonɔ, eya ta eɖo eŋu na wo be, "Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve, eye wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo, eye du alo aƒe si ma hetsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã. 26 Nenye be Satana gale Satana nyam le amewo me la, ekema eya tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu. Aleke eƒe fiaɖuƒe la anɔ te mahã? 27 Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. 28 Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ ̃wo nyam la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.

29 "Gawu la, aleke ame awɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe aƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi o? Ele be wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo. 30 Misee be ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la, eyae kanɛ hlẽna.

Nu ̃ wɔwɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu

31 "Eya ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ nu ̃ sia nu ̃ kple busunya sia busunya ake amewo, ke busunyagbɔgblɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ya la, womatsɔe ake o. 32 Ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Amegbetɔ Vi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le agbe sia kple agbe si le vava ge la me o.

Ati kple eƒe kutsetsewo

33 "Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena, eye ati manyomanyo tsea ku manyomanyo. 34 Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖee? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me. 35 Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ eƒe dzi me. Ke ame ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu ̃, eye eƒe nuƒo ɖea ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana. 36 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖe sia ɖe ana akɔnta le nya vlo ɖe sia ɖe si ado tso eƒe nu me la ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la, 37 eya ta minyae be nya si ado tso miaƒe nu me fifia lae afia afi si mianɔ le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eye eyae woatsɔ atso afia na mi loo, alo woatsɔ abu mi."

Amewo bia dzesi

38 Tete Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo bia tso esi be, "Nufiala, míedi dzesi kple nukunu aɖe tso gbɔwò."

39 Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be, "Dzidzime ̃ɖi si wɔa ahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu Nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o, 40 elabena abe ale si Yona tɔmelã la ƒe me ŋkeke etɔ̃ kple etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple etɔ̃. 41 Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo kura ̃ abu dukɔ sia, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o. 42 Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre ɖe dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Solomo ƒe nunya ta tso didiƒe ke va egbɔ be yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ la, ame aɖe si wu Solomo la le mia dome.

Gbɔgbɔ makɔmakɔ la ƒe tɔtrɔ gbɔ

43 "Ne gbɔgbɔ ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyia gbedzi, afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la, 44 ekema egblɔna be, Matrɔ agayi aƒe si me medo le la boŋ.Ne etrɔ va la, ekpɔna be aƒea me ɖi gbɔlo, wokplɔ eme nyuie, eye nu sia nu le ɖoɖo nu. 45 Ekema gbɔgbɔ ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ ̃ adre bubu siwo ̃ɖi wui la kpena ɖe eɖokui ŋu, wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã. Alea tututu wòanɔ na dzidzime ̃ɖi siae."

Yesu ƒe ƒometɔ vavãwo

46 Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviŋutsuwo aƒea godo, eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii. 47 Ame aɖe gblɔ be, "Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo le aƒea godo le didim be yewoaƒo nu kpli ."

48 Yesu bia amea be, "Ame kae nye danye, eye ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?" 49 Azɔ edo esi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ be, "Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo." 50 Eyi edzi be, "Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinye ŋutsu kple nɔvinye nyɔnu."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-