3 Yesu ɖo eŋu na wo be, "Miawo hã, nu ka ta miaƒe kɔnuwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo? 4 Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Se gblɔ be, ‘Bu fofowò kple dawò; ame si tsi tsitre ɖe edzilawo ŋuti la, ku kee wòaku.’ 5 Ke miawo miegblɔ be, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu’ la, 6 megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nyadziwɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi.