Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateus 17

Gbedada le ŋutsuvi gbɔgbɔ ̃ aɖe ŋu

14 Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ ameha aɖe afi ma wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme gblɔ be, 15 "Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia; ele kpeŋuidɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe. Ne kpeŋuidɔ la dze edzi ɣe aɖewo ɣi la, enana be wòdzea dzo alo tsi me. 16 Mekplɔe na nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o."

17 Yesu ɖo eŋu gblɔ be, "O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam." 18 Yesu blu ɖe gbɔgbɔ ̃ la ta, eye wòdo go le ɖevi la me ale be eƒe lãme sẽ enumake.

Veja também